Ðe agbe mewɔ nuku oa? Susu geɖe le mía si
be míada akpe!
Gake èbia ɖokuiwò kpɔ be esia koe li
a? Alo NANE GALE EME WU nenema?
Nu gbãtɔ gbã: Mawu li, eye wòlɔ̃ mí vavã! Eƒe lɔlɔ̃ nu meyina gbeɖe o eye seɖoƒe mele eŋu o. Eɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí to Yesu Kristo me. Eƒe lɔlɔ̃ gakpɔtɔ le vevie egbe, eye ame sia ame ate ŋu akpɔe teƒe. Menɔa mɔ kpɔm na naneke wu be nàse eƒe lɔlɔ̃ le wò ŋutɔ wò agbe me eye nàkpɔ gɔmesese na wò agbe to kadodo me kplii me o.
Le eƒe TED Nuƒo nyanyɛ la me la, Lizzie Velasquez gblɔ be: “esi menɔ kɔledzi la, mekpɔ video aɖe si ame aɖe da ɖe kɔmpiuta dzi le ŋunye nublanuitɔe, eye wòyɔm be nyɔnu si dze tugbe kura o le xexeame katã. Amewo kpɔ video sia zi miliɔn 4. Sekend 8 ppe ko wòxɔ, gbeɖiɖi aɖeke mele eme o, nyaŋuɖoɖo akpe geɖewo nɔ teƒea. Amewo nɔ gbɔgblɔm be ‘Lizzie, taflatse wɔ nyui na xexeame, tsɔ tu ɖo wò ta dzi nàwu ɖokuiwò.’ Mefa avi vevie le nyateƒe me eye menɔ dzadzraɖo me be mawɔ aʋa eye nane ɖi le nye ta me.”
Nyametsotso aɖe nɔ Lizzie si be wòawɔ: ɖe wòana amedzro blibowo naɖo ŋkɔ ye alo Ame si wɔ ye la boŋ. Le eƒe agbemeŋutinya me la, egblɔ be, “Mawu lɔ̃m eye wòlɔ̃ wò hã abe ale si míele tututu ene.”

AGBALẼŊLƆLA KPLE DUKƆŊUTINUƑOLA
Nublanuitɔe la, zi geɖe la míekpɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃ teƒe ɣe sia ɣi o elabena zi geɖe la míegbea toɖoɖoe. Míedina gɔmesese kple dzidzememe le teƒe sia teƒe tsɔ wu Mawu gbɔ. Míeka ɖe edzi o eye míexɔe se be ɖoɖo nyuiwo le esi na mí o. Ðokuididi ƒe agbagbadzedze sia kple nuwɔna siwo dona tso eme lae Biblia yɔna be nuvɔ̃. Nuvɔ̃ vena henrraa mía kple amewo dome kadodo. Eklãa mí tso agbe si me dzidzememe le si Mawu dzra ɖo ɖi na mí la gbɔ.
Abe nunɔla kple dutanyanyuigblɔla ene la, Dada Teresa kpe ɖe ametɔkpowo ŋu. “Nye, Dada Teresa, menye nuvɔ̃mɔla. Mí katã míenye nuvɔ̃mɔlawo. Eye mí katã Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ hiã mí. Etsi dzi nam, elabena mia dometɔ aɖewo mekpe Yesu kpɔ o—mia kplii ɖeɖe le hadede vevie me. Ðe nènya Kristo gbagbe la nyateƒe, le esi nèkpee va wò agbe me koe ta? Medi be mana mɔnukpɔkpɔ Yesu edziedzi be wòatrɔ nu sia nu si gblẽa nu eye wòklãam tso egbɔ la ɖa. Ne wo ma nye lɔlɔ̃ eye vudo do ɖe nye kple eya dome la, nu vovovowo ate ŋu age ɖe vudo ma me aɖɔe.”

NUNƆLA KPLE DUTANYANYUIGBLƆLA
Míaƒe nuvɔ̃ kple míaƒe didi be míanɔ agbe le míawo ɖokui si mexea mɔ na Mawu be magalɔ̃ mí o. Eva se ɖe afi si wòzu amegbetɔ to Yesu Kristo me hetsɔ eƒe agbe na be yeatsɔ aɖe yeƒe lɔlɔ̃ afia mí. Etsɔ nuvɔ̃ ƒe emetsonuwo ɖo eɖokui dzi le ati la ŋu. Yesu ku, gake wofɔe ɖe tsitre va agbe me. Fifia míate ŋu akpɔ ŋutifafa kple kadodo kplikpli kple Mawu to xɔse le Yesu Kristo me me. Míate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ teƒe gbe sia gbe, ake ɖe míaƒe agbe ƒe taɖodzinu ŋu eye míaxɔ agbe mavɔ.
Narnia gbalẽwo ŋlɔla, C.S. Lewis gblɔ be: “Kristotɔnyenye, ne alakpae wònye la, vevienyenye aɖeke mele eŋu o, eye ne nyateƒee la, vevienyenye mavɔ le eŋu; nu ɖeka si manye gbeɖe o lae nye be wòanye nane si le titina ko. Ekema míedo go tiatia si do vɔvɔ̃ na ame. Ŋutsu sia si ŋu míele nu ƒom tso la, eɖanye (eye wònye) ame si tututu wògblɔ be yenye la alo tsukutɔ aɖe, alo nane si vɔ̃ɖi wu nenema. Fifia edze kɔtɛ nam be menye tsukutɔ alo vɔ̃ɖitɔe o: eyata, togbɔ be ate ŋu awɔ nuku alo ado vɔvɔ̃ alo asesẽ gɔ̃ hã la, ele be maxɔ susu la dzi ase be eyae nye Mawu eye wògakpɔtɔ nye Mawu.”

AGBALẼŊLƆLA
Mawu wɔ nu sia nu xoxo be wòafia ale si gbegbe wòlɔ̃ mí. To Yesu Kristo dzi la, ena dzidzememe kple agbe mavɔ mí, si míate ŋu axɔ faa abe nunana ene. Míate ŋu aƒo nu na Mawu tẽe – míeyɔnɛ be “gbedodoɖa” – be míabia tsɔtsɔke le agbe si mienɔ manɔmawui ta.
Míate ŋu atia be míanɔ agbe kple Mawu to kaka ɖe Yesu Kristo dzi me tso azɔ yia edzi. Alekee nàtso nya me?
Esia meku ɖe subɔsubɔha aɖe alo sɔlemexɔ aɖe me goge ŋu o, ke boŋ kadodo si trɔa agbe kple Yesu Kristo ŋu. Mehiã be nàwɔ dɔ sesẽ hafi akpɔe o, ke boŋ àte ŋu axɔ eƒe lɔlɔ̃ kple ŋusẽ abe nunana ene eye nàxɔ agbe yeye blibo. Nu geɖewo atrɔ. Bu eŋu nyuie.
Safe si ʋua Mawu kple eƒe fiaɖuƒe lae nye xɔse. Menye be nàxɔe se ko be eli o, ke boŋ be nàka ɖe Yesu dzi abe ɖevi ene eye nàtsɔ nu sia nu si le asiwò kple ame si nènye katã ade esi.
Mí katã míedo kpo taɖodzinu si nye be míalɔ̃ Mawu wu nu sia nu eye míalɔ̃ mía haviwo abe míawo ɖokui ene la gbɔ. Míate ŋu abia Mawu ƒe tsɔtsɔke le esia ta. Ele be míatrɔ le nu sia nu si mesɔ kple Yesu o la gbɔ eye míava nɔ abe eya ene wu.
Le nyɔnyrɔxɔxɔ me la, ame aɖe si lɔ̃ Yesu anyrɔ wò ɖe tsi te. To esia me la, ègblɔna le gaglãgbe be „ɛ̃“ na Yesu, woxɔ wò ɖe dziƒoƒomea me eye wonaa dzesi yeye wò tso Mawu gbɔ.
Menye mɔnukpɔkpɔ evelia koe míekpɔna tso Mawu gbɔ o, ke boŋ edi be yeawɔ mí yeyee blibo eye yeana yeƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe si fɔe tso kukume la naɖɔ mí fũu. Kpee ko alo na xɔsetɔ aɖe nado gbe ɖa ɖe tawò be nàga„dzi“ le gbɔgbɔ me yeyee.
Ne èdi be yeanɔ agbe kple Yesu tso fifia yia edzi la, àte ŋu ado gbedodoɖa sia:
Mawu Lɔ̃lɔ̃tɔ, akpe na wò be èlɔ̃m eye nèdi nu nyuitɔ na nye agbe. Nye dzi ku elabena menɔ agbe manɔmawui va se ɖe fifia. Taflatse tsɔ nye nuvɔ̃wo kem. Meka ɖe dziwò eye medi be nàva nye agbe me. Nyo nye Mawu. Nyo nye Ðela kple nye xɔlɔ̃. Na wò Gbɔgbɔ naɖɔm fũu eye nàkpe ɖe ŋunye manɔ agbe si dzea ŋuwò. Amen.
2 Korintotɔwo 5:17
Ne èbia Yesu tso dzi blibo me be wòava wò agbe me la, dziƒo kple anyigba Wɔla la nye wò Xɔlɔ̃, Ðela, kple Aƒetɔ fifia. Kafukafu! Èwɔ
nyametsotso nyuitɔ kekeake le wò agbe me fifia ko!
Èɖe afɔ gbãtɔ le agbemeŋudzɔdzɔ gãtɔ me fifia ko, eye nu geɖe le Mawu si hena wò!
Ne èdi be yeadze si Yesu nyuie wu eye nàva nɔ abe Eya ene la, nya siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò:
Àte ŋu ado gbe ɖa gbe sia gbe, le teƒe sia teƒe, kple le nu sia nu ŋu. Ðo dze kplii tso nu siwo le susu me na wò ŋu. Mawu nye xɔ̃wò eye wòdzɔa dzi nɛ be yeanɔ gbɔwò.
Àdze si Mawu nyuie wu ne èxlẽ Biblia la. Àte ŋu asrɔ̃ nu hã tso eƒe lɔlɔ̃nu na wò agbe, kple ale si ame bubuwo kpɔe teƒe la ŋu. Dzee gɔme to Nubabla Yeye la xlexlẽ gbe sia gbe me
Fifia èzu Mawu ƒe ƒomea me tɔ kple ame bubu siwo katã
xɔ se. Di sɔlemexɔ aɖe alo habɔbɔ aɖe si me nàse le ɖokuiwò me abe aƒe me ene be nàyi edzi atsi le wò xɔse me.
Ènye Yesu yomedzila, ame aɖe si di be yeasrɔ̃ nu tso egbɔ. Di mɔnu siwo sɔ eye wodzeani be nànɔ agbe ɖe wò xɔse nu. Gblɔ ale si nèkpɔ Mawu teƒe kple nu si Yesu wɔ na mí katã le ati la ŋu na amewo. Zã THE FOUR be wòakpe ɖe ŋuwò nàma gbedeasia.
Mègaxe mɔ na ɖokuiwò o, do ka kple mí. Adzɔ dzi na mí be míaɖo biabiawo ŋu, ana Biblia wò, mñado gbe ɖa ɖe tawò, eye míakpe ɖe ŋuwò nàɖe afɔ siwo kplɔe ɖo kple Mawu
Tsoƒewo & Kafukafu
Nya siwo woyɔ:
Lizzie Velasquez, https://ted.com/talks/lizzie_velasquez_how_do_you_define_yourself
Agbalẽ: “Be beautiful, Be You” Lizzie Velasquez, Liguorii Publications, Missouri 2012. Axa 12; “
Mutter Teresa, Die wunderbaren Geschichten” Leo Maasburg, Pattloch Verlag, München 2016. Axa 83;
Agbalẽ: Buch: “Mere Christianity”
C. S. Lewis. Harper Collins, New York 2000. Axa 53;
Video: “Put God first” to Denzel Washington gbɔ, https://youtu.be/BxY_eJLBflk
Fotowo:
Megbe gbadza getwallpapers.com
Axa 2: Foto ‘portrait of a little girl with a sunflower’ to azgek gbɔ to Envato Elements me
Axa 5: Foto ‘man walking on empty road‘ to jurnalfotografic to Envato Elements me
Axa 7: Foto ‘crowd partying stage lights live concert summer music festival‘ to melis82 gbɔ to Envato Elements me
Axa 10: Foto ‘Family is all you needl‘ to YuriArcursPeopleimages gbɔ to Envato Elements me
You will be redirected to your country's page...