Xlẽe

Biblia nye Mawu ƒe Nya. Ne míexlẽe la, míedzea si Mawu eye míesena eƒe ɖoɖo na míaƒe agbe gɔme nyuie wu. Míetia kpukpui aɖewo tso Biblia me na wò be nàtsɔ adze wò mɔzɔzɔ kple Mawu gɔme.

1. MAWU LƆ̃M

Mawu aɖe li si lɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ gã aɖe si ŋu kpe maɖo o. Enya wò ememe ke, enɔa gbɔwò le wò akogbenɔɣiwo, eye wòlɔ̃a wò le wò ŋkeke vɔ̃ɖitɔwo gɔ̃ hã dzi. Mawu lɔ̃lɔ̃tɔ sia le teƒe ŋutɔŋutɔ, eye nàte ŋu adzesii tututu. Menɔa mɔ kpɔm na naneke wu be nàse eƒe lɔlɔ̃ le wò ŋutɔ wò agbe me eye nàke ɖe wò agbe ƒe taɖodzinu ŋu le kadodo me kplii, eye nàkpɔ dzidzememe vavãtɔ le agbe me o.

Àfia agbemɔm. Ne menɔ gbɔwò la, dzidzɔ aɖom fũu. Dzidzɔmavɔ le wò ɖusilɔƒo. Psalmo 16:11

Eyata míenya lɔlɔ̃ si Mawu lɔ̃ mí eye míexɔ edzi se. Mawu nye lɔlɔ̃. Ame sia ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eme. 1 Yohanes 4:16

Èxɔe se be Mawu nya wò eye wòlɔ̃ wòa?

2. MENƆA AGBE LE MAWU GBƆ

Nublanuitɔe la, míekpɔa lɔlɔ̃ gã sia teƒe o elabena míegbea toɖoɖo Mawu. Míedina le teƒe sia teƒe be míakpɔ gɔmesese, taɖodzinu kple dzidzememe – gake menye le Mawu gbɔ o. Míegbea toɖoɖoe eye míeka ɖe edzi be adi nu nyuitɔ na mí o. Mía ŋutɔ míaƒe mɔ dzi zɔzɔ kple ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔna siwo dona tso agbenɔnɔ sia me ye Biblia yɔna be nuvɔ̃. Nuvɔ̃ gblẽa mía kple Mawu dome, mía kple ame bubuwo dome kple míawo ŋutɔ mía dome kadodo henrrãnɛ. Nuvɔ̃ manɔmee la, eklãa mí tso nu sia nu si Mawu di be yeana mí la gbɔ, si nye eƒe lɔlɔ̃ kple agbe si me taɖodzinu le – agbe si yia edzi wu ku.

Ke miaƒe nu vɔ̃ɖiwo klã mia kple miaƒe Mawu dome. Wohe eƒe ŋkuɖeamedzi da ɖe aga tso mia gbɔ, be magase miaƒe gbedodoɖa o. Yesaya 59:2

Elabena amewo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le wo hiãm. Romatɔwo 3:23

Nu kae ve wò wu le wò agbe me?

3. YESU TSƆ NU SIA NU NA ÐE DONYE

Mawu megblẽ mí ɖi o. Eƒe dɔme trɔ ɖe mía ŋu ŋutɔ le míaƒe vovototo tso egbɔ ta ale gbegbe be ete ɖe mía ŋu. Eva zu amegbetɔ le Yesu Kristo me be yeatsɔ aɖe yeƒe dziƒolɔlɔ̃ afia mí le nu sia nu si wògblɔ kple nu sia nu si wòwɔ me. Mlɔeba la, etsɔ eƒe agbe gɔ̃ hã na ɖe mía ta. Exɔ míaƒe teƒe le ati la ŋu, eye wòtsɔ nuvɔ̃ ƒe emetsonuwo katã ɖo eɖokui dzi. Yesu ku – gake egbɔ agbe ake, eye wòɖu ku kple nu sia nu si klã mía kple Mawu dome la dzi. To Yesu dzi la, míate ŋu age ɖe kadodo kplikpli me kple Mawu. To xɔse le Yesu me me la, míate ŋu ake ɖe agbe si me lɔlɔ̃, ŋusẽ kple taɖodzinu le ŋu.

Elabena Kristo gɔ̃ hã ku zi ɖeka ɖe nuvɔ̃wo ta tegbee; ame dzɔdzɔetɔ la ku ɖe ame madzɔmadzɔwo ta, be yeakplɔ mi ava Mawu gbɔ. Wowu eya ŋutɔ le ŋutilã me, ke Gbɔgbɔ la na wògblɔ agbe. 1 Petro 3:18

“Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃ xexeame bena, wòtsɔ eƒe Tenuvi ɖeka la na, bena amesiame si xɔ edzi se la, megamegblẽ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Yohanes 3:16

Ame kae Yesu nye na wò le wò ŋutɔ wò agbe me?

4. MATIA BE MANƆ YESU YOMEA?

Mawu wɔ nu sia nu xoxo be wòafia ale si gbegbe wòlɔ̃ mí eye wòʋu mɔ na mí be míase eƒe lɔlɔ̃ gɔme le nyateƒe me. To Yesu Kristo dzi la, ena dzidzememe kple agbe mavɔ mí. Míate ŋu axɔ nunana sia – menye to amegbetɔ ƒe agbagbadzedze alo dɔnyuiwɔwɔ me o – ke boŋ to xɔse me. Míedzenɛ gɔme kple gbedodoɖa tẽe na Mawu kpuie ko. Míate ŋu agblɔ nɛ be míaƒe dzi ku elabena míanɔ agbe le egbɔ. Eye míetia be míanɔ agbe kplii tso azɔ yia edzi to kaka ɖe Yesu Kristo dzi me. Alekee nàtso nya me?

“Mitrɔ dzi me, eye mia dometɔ sia dometɔ naxɔ nyɔnyrɔ le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nunana la.” Dɔwɔwɔwo 2:38

Ke amesiwo katã xɔe la, ena mɔ wo bena woazu Mawu ƒe viwo, eya nye amesiwo xɔ eƒe ŋkɔ la dzi se. Yohanes 1:12

Nu kae ado tso eme ne ènɔ agbe na Mawu kple nu sia nu si le asiwò kple ame si nènye katã? Ne Yesu le tsitre ɖe ŋkuwòme fifia eye wòbiam be: ‘Èdi be nànɔ agbe kplim eye nànɔ agbe nam nyemeye’, nu kae anye wò ŋuɖoɖo?

Afii àte ŋu akpɔ gbedodoɖa aɖe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò

5. AGBE YEYE KPLE YESU

Ne èkpe Yesu ɖe wò agbe me la, dziƒo kple anyigba Wɔla la nye wò Mawu, wò Ðela kple xɔ̃wò le wò ŋutɔ wò agbe me fifia. – Kafukafu le nyametsotso nyuitɔ kekeake si nèwɔ le wò agbe me ta! Nu siawo akpe ɖe ŋuwò be nàva nɔ abe Yesu ene wu.

XLẼ
Le Biblia me la, àdze si Mawu, eƒe lɔlɔ̃nu kple ale si amewo nɔ agbe kple Mawu. Wɔe wòazu numame be nàxlexlẽ Biblia gbe sia gbe. Ne Biblia mele asiwò o la, àte ŋu awɔ “Bible App” kɔpi faa tso Lifechurch gbɔ.

DO GBE ÐA
Àte ŋu aƒo nu na Mawu le teƒe sia teƒe kple ɣe sia ɣi le nu sia nu ŋu. Mawu nye xɔ̃wò eye wòdzɔa dzi nɛ be yeanɔ gbɔwò.

KPE
Ènye Mawu ƒe ƒomea me tɔ fifia kple ame sia ame si xɔ edzi se. Di hame aɖe alo Kristotɔwo ƒe habɔbɔ aɖe si me nàse le ɖokuiwò me be wokɔ wò dzaa le eye wò xɔse ate ŋu atsi le eme.

MA
Èzu Yesu ƒe “nusrɔ̃la” fifia. Gblɔ nu siwo me tom nèle kple Mawu le wò agbe me kple nu si Yesu wɔ na wo la na amewo (to THE FOUR zazã me).

Eyata ne ame aɖe le Kristo me la, nuwɔwɔ yeye wònye. Xoxoawo nu va yi; kpɔ ɖa, yeyewo va do! 2 Korintotɔwo 5:17

Eye wonɔ nuteƒe wɔm ɖe apostoloawo ƒe nufiafia kple hadede, abolo babã kple gbedodoɖawo ŋu. Dɔwɔwɔwo 2:42

Gbe